Matthew 8:23-27

Yesu tsi ahom nu le ƒudzi

(Marko 4:35-41; Luka 8:22-25)

23Azɔ ege ɖe ʋu aɖe me eye eya kple eƒe nusrɔ̃lawo dze mɔ ɖo ta ƒua ƒe go evelia dzi. 24Kasia, ahom dziŋɔ aɖe de asi tutu me, eye ƒutsotsoewo de asi ŋeŋe me ɖe ʋua me. Le ɣeyiɣi sia katã me la, Yesu ŋutɔ ya nɔ alɔ̃ dɔm bɔkɔɔ. 25Nusrɔ̃lawo te ɖe eŋu enumake. Woʋuʋui sesĩe eye, wogblɔ nɛ kple ɣli bena, “Aƒetɔ, ɖe mí! Míele nyɔnyrɔm!” 26Yesu gblɔ na wo be, “O, mi xɔseʋeetɔwo! Nu ka wɔ miele dzodzom nyanyanya kple vɔvɔ̃ ale?” Azɔ etsi tre eye wòblu ɖe ahom la ta. Ya sesẽ la tɔ enumake eye ɖoɖoe zi toŋtoŋtoŋ le ƒua dzi.

27Nusrɔ̃lawo ƒe nu ku ŋutɔ ale wogblɔ na wo nɔewo be, “Ame ka gɔ̃e nye esia, be yaƒoƒo kple ƒu hã ɖoa toe mahã?”

Copyright information for EweBEE